Matthew 12

Sabat ŋkeke la ƒe Aƒetɔ

(Marko 2:23-28; Luka 6:1-5)

1Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Sabat ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣemaɣi eya ta woŋe bli aɖewo eye woklẽ wo heɖu.

2Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ bena, “Wò nusrɔ̃lawo le sea dzi dam. Elabena wole nu ŋem le Sabat ŋkeke dzi.”

3Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa? 4Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si wòle be Osɔfowo ko naɖu la. 5Miexlẽe le Mose ƒe segbalẽa me kpɔ be Osɔfo siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la kpɔ mɔ awɔ dɔ le Sabat ŋkekea dzi oa? 6Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia! 7Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o. 8Elabena Amegbetɔ Vi la, nye Aƒetɔ na Sabat ŋkekea gɔ̃ hã.”

Ame si titi lé asi na

(Marko 3:1-6; Luka 6:6-11)

9Le esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe 10eye wòkpɔ ame aɖe si titi lé asi na le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake bena, “Ele sea nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “E”, ale be yewoalée. 11Ke Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nenye be alẽ wò ge ɖe vudo me le Sabat ŋkeke dzi ɖe màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! 12Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie tsɔ wu alẽ tɔ oa? Eya ta enyo vavã be woawɔ dɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi.” 13Azɔ egblɔ na ame si titi lé asi na bena, “Dzɔ wò asi”, eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene.

14Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe bena yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti.

Mawu ƒe Dɔla tiatia la

15Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ eya ta edzo le ƒuƒoƒea, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã le wo dome la ŋu. 16Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegagblɔ nukunu siwo wɔm yele la na amewo o. 17Esia wu Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti nu bena,

18“Nye kɔ nàkpɔ nye Dɔla la ɖa, kpɔ ame sia ɖa, eyae nye nye Ametiatia la. Eyae nye nye Lɔlɔ̃tɔ, si ŋu nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le. Made nye Gbɔgbɔ eme eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo. 19Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o! 20Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mlɔetɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu. 21Eye eƒe ŋkɔ anye xexeame katã ƒe mɔkpɔkpɔ.”

Yesu kple Belzebub

(Marko 3:20-30; Luka 11:14-23, 12:10)

22Azɔ wokplɔ ame aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã. 23Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David Vi la?”

24Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebub si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.”

25Yesu nya nu si gblɔm wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo bena, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo. Eye du alo aƒe si ma hetsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. 26Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Ale ke lawɔ eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã? 27Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Satana ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ kae miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 28Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyami la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. 29Nenye be ame aɖe di be yeagbã Satana ƒe fiaɖuƒe la, ele nɛ be woalé Satana abla ɖe ka me gbã. Eye mɔ sia dzi koe woate ŋu ato anya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me. 30Misee be ame si mele dzinye o la etsi tre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.

Nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu

31“Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu ya la womatsɔe ake o. 32Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔvi la ŋuti la woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋuti la womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o.

Ati kple eƒe kutsetsewo

(Luka 6:43-45)

33“Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo. 34Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖe? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me. 35Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũ kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana. 36Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la. 37Eya ta minyae bena nya si ado tso miaƒe nume fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.”

Amewo bia dzesi

(Marko 8:11-12; Luka 11:29-32)

38Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.” 39Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena, “Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o. 40Elabena ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. 41Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo atsi tre ɖe dukɔ sia ŋuti eye woabu fɔ mi. Elabena esi Yona gblɔ mawunya na wo la wotrɔ dzime, ɖe asi le woƒe nu tovowo wɔwɔ ŋu hetrɔ ɖe Mawu gbɔ. Ke azɔ la, ame aɖe le mia dome si de ŋgɔ wu Yona boo gake miegbe be yewomaxɔ edzi ase o. 42Fianyɔnu si tso Sheba la atsi tre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Salomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ bena yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Salomo la le mia dome.

Gbɔgbɔ makɔmakɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ

(Luka 11:24-26)

43“Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyina gbedzi afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, 44ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ’ Ne etrɔ va la ekpɔna be aƒea me ɖigbɔlo, wokplɔ eme nyuie eye nu sia nu le ɖoɖo nu. 45Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vlo wu eya ŋutɔ, eye wogena ɖe aƒea me nɔa afi ma. Esia wɔnɛ be amea ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖina wu tsãtɔ. Alea tututue wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.”

Yesu ƒe fometɔ vavãwo

(Marko 3:31-35; Luka 8:19-21)

46Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviaŋutsuwo nɔ aƒea godo eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. 47Ame aɖe gblɔe nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le egodo le didim be yewoƒo nu kpli wò.” 48Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye eye ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?” 49Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ bena, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinyeŋutsuwo.” 50Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu.”

Copyright information for EweBEE